Philippians 4

Ŋusẽdoame nyawo

1Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa elabena miawoe nye nye dzidzɔ kple nye fetu si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, minɔ te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me.

2Meɖe kuku na Ewodia eye mele kuku ɖem na Sintike hã be gbe nadze gbe dzi na wo le Aƒetɔ la me. 3Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miakpe ɖe nyɔnu siawo ŋuti elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka me na ame bubuwo; eye wowɔ dɔ kple Klemens kpakple nye dɔwɔla bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la hã.

4Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɣesiaɣi. Megale egblɔm ake be dzi nadzɔ mi! 5Mina ame sia ame nakpɔe adze sii be, miedia mia ɖokuitɔ o, ke boŋ miebua ame bubuwo ŋuti le nu sia nu si miewɔna la me. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. 6Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ mido gbe ɖa le nu sia nu me. Migblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu, eye migaŋlɔ akpedada nɛ be le eƒe ŋuɖoɖo ta o. 7Ne miewɔ esia la ekema Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo amegbetɔwo ƒe nugɔmesesewo katã ta la anɔ mia me. Eƒe ŋutifafa ana gbɔdzɔe miaƒe susuwo kple miaƒe dziwo le ale si miexɔ Kristo Yesu dzi se la nu. 8Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃wo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna ne nu nyui aɖe li alo nane li si wole be woakafu la mibu nu sia tɔgbewo ŋu. 9Minɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye eye miekpɔm menɔa wɔwɔm la wɔwɔ dzi eye Ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kple mi. 10Medzɔ dzi le Aƒetɔ la me vevie be mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖekoe miekpɔ asinu be miaɖee afi o. 11Menye be ɖe mexaxa ɣeaɖekeɣi tae mele egblɔm ɖo o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee le dzidzɔ me nenye be nu geɖe loo alo nu sue aɖe koe le asinye. 12Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o loo alo ne nu sia nu le asinye. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me loo alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ me loo alo le hiã me. 13Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya ame si doa ŋusẽm la me. 14Ke hã la, miewɔe nyuie be miekpena ɖe ŋutinye le nye ɣeyiɣi sesẽ siawo me.

15Abe ale si mienya nyuie ene la, esi meva gblɔ nyanyui la na mi zi gbãtɔ eye meyi nye mɔzɔzɔ dzi tso Makedonia la, mi Filipitɔwo koe zu nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me. Hame bubu aɖeke mewɔ esia o. 16Esi menɔ Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi eve sɔŋ. 17Togbɔ be mekpɔ ŋudzedze le miaƒe nunana ŋuti hã la, nu si gadzɔ dzi nam wu lae nye fetu gã si miava xɔ le mia ƒe dɔmenyowɔwɔ ta.

18Fifi laa la, nu sia nu si mehiã la le asinye, le nyateƒe me la nuawo sɔ gbɔ gɔ̃ hã wu ale si mehiã! Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋẽ lilĩli si dzea Mawu ŋu ŋutɔ. 19Eye eyae ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔe kesinɔnuwo me, le nu si Kristo Yesu wɔ na mí la ta. 20Azɔ ŋutikɔkɔe woana Mawu mía Fofo la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.

Nuwuwugbedonamewo

21Medo gbe na kristotɔ siwo katã le afi ma; nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi. 22Kristotɔ ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevitɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe Fiasã me. 23Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo.

Copyright information for EweBEE